Acts 21

Paulo yi Yerusalem

1Esi míeklã Efeso hanunɔlawo vɔ la míedze mɔ tẽ va ɖo Kos. Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Rode eye tso afi ma míeyi Patara. 2Le Patara la, míeɖo tɔdziʋu aɖe si nɔ Foenike si le Siria nutoa me yim. 3Míeto Kipro ƒukpo la ŋu le miame lɔƒo eye míeva ɖi go ɖe Tiro ʋudzeƒea le Siria. Ʋua ɖe agba le afi sia. 4Míawo hã míeɖi tsa yi dua me eye míedi xɔsetɔ siwo le afi ma la henɔ wo gbɔ kwasiɖa ɖeka. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu to hame sia dzi ale wogbe na Paulo be megayi Yerusalem o. 5Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la míedzo eye míeyi miaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kpakple wo viwo siaa va ɖo mi ɖa va se ɖe keke futa, afi si míedo gbe ɖa le. 6Míedo hedenyui na wo, ge ɖe tɔdziʋua me eye woawo hã trɔ yi aƒeme.

7Tso Tiro míeva tɔ ɖe Pitolemia eye míenɔ afi ma hã ŋkeke ɖeka hesrã hame si le afi ma kpɔ. 8Tso afi ma míeyi Kaisarea eye míedze nyanyuigblɔla Filipo si nye hadzikpɔla gbãtɔ adreawo dometɔ ɖeka la gbɔ. 9Vinyɔnuvi ene siwo dometɔ aɖeke meɖe srɔ̃ haɖe o la nɔ esi. Mawu na nyagblɔɖi ƒe ŋusẽ wo dometɔ ɖe sia ɖe.

10Míenɔ afi sia ŋkeke geɖewo eye le ɣeyiɣi sia me la, nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Agabu la tso Yudea nutome va kpɔ mí ɖa le Filipo gbɔ. 11Agabu tsɔ Paulo ƒe alidziblaka eye wòbla eya ŋutɔ ƒe asiwo kple afɔwo hegblɔ be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la be, ‘Alea tututue Yudatɔwo awɔ ame si tɔe nye alidziblanu sia la le Yerusalem, eye woatsɔe ade asi na Romatɔwo.’” 12Esi míese nya sia la, mí Paulo ŋumewo kple dua me kristotɔwo katã, míeɖe kuku na Paulo be megayi Yerusalem la o.

13Ke Paulo ɖo eŋu na mí be, “Midzudzɔ avifafa elabena miele dzi gbãm nam. Mele klalo be manɔ gaxɔ me le Yerusalem eye gawu la maku le nye Aƒetɔ Yesu ta.” 14Esi míekpɔe be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi Yerusalem la, míeɖe asi le nya la ŋu eye míetsɔe de asi na Mawu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

15Le esia megbe la, míeƒo ƒu míaƒe agbawo eye míedze Yerusalem mɔ dzi. 16Nusrɔ̃la aɖewo tso Kaisarea kplɔ mí ɖo, eye míeva ɖo Yerusalem la, míedze xɔsetɔwo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Mnason ame si nye xɔsetɔ xoxoawo dometɔ ɖeka si tso Kipro la ƒe aƒeme.

Paulo va ɖo Yerusalem

17Esi míeɖo Yerusalem la Kristotɔ siwo le dua me la xɔ mí nyuie ŋutɔ.

18Ke ŋkeke evea gbe la Paulo kplɔ mí ɖe asi eye míeyi ɖado gbe na Yakobo kple hamemegã bubuawo le Yerusalem ha la me. 19Esi míelɔ̃ gbe vɔ la, Paulo gblɔ ale si Mawu wɔ dɔ le Trɔ̃subɔlawo domee to eya Paulo ƒe dɔwɔwɔ me la na wo.

20Hamemegãwo katã kpɔ dzidzɔ, kafu Mawu ke wogblɔ na Paulo be, “Yudatɔ geɖewo hã zu kristotɔwo gake woƒe ɖoɖoe nye be ele be Yudatɔ xɔsetɔ ɖe sia ɖe nagawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ. 21Yudatɔ Kristotɔ siwo le Yerusalem afii la see be wò la, ètsi tre ɖe Mose ƒe sededewo kple mí Yudatɔwo ƒe kɔnuwo ŋu eye gawu la ègblɔ be, mele be woatso aʋa na wo viwo o. 22Ke fifia ɖe, ale ke míele nya sia lé gee? Godoo la woasee be èva ɖo dua me.

23“Nu si míedi be nàwɔe nye si ame ene aɖewo le mía dome siwo le dzadzram ɖo be yewoalũ ta aɖe adzɔgbe le sea nu, 24eya ta míadi be wò hã nàkplɔ wo ɖo ayi gbedoxɔa me eye nàlũ ta. Hekpe ɖe esia ŋu la, nàxe fe ɖe ame ene siawo ƒe kɔnuwɔwɔ hã ta. Ne èwɔ esia la ekema ame sia ame adze sii be nya siwo yewose le ŋuwò la mele eme nenema o.

25“Ke le Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo gome la, ame aɖeke mele gbɔgblɔm be woawo hã nawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnuwo dzi o, negbe nu siwo míeŋlɔ ɖo ɖe wo xoxo be, woadzudzɔ nu siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo la kple lã tsiʋumewo ɖuɖu eye womegawɔ matre o.”

26Paulo lɔ̃ ɖe woƒe nya sia dzi eye wòdze ameawo yome woyi ɖawɔ kɔnuawo pɛpɛpɛ le gbedoxɔ la me, ale wòɖee fia ame sia ame be yele vɔsa wɔ ge le ŋkeke adrea gbe.

Wolé Paulo le gbedoxɔ me

27Ke esi wòsusɔ vie ŋkeke adrea nade la, Yudatɔ aɖewo tso Terki va Yerusalem eye wokpɔ Petro le gbedoxɔa me. Enumake wode ʋunyanya amewo me ɖe eŋu eye wolé Paulo henɔ ɣli dom ɖe eŋu be, 28“Israelviwo, mixɔ na mí loo! Ame siae tsi tre ɖe Yudatɔwo ŋu eye wònɔ gbɔgblɔm na amewo be womegawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi o. Gawu la, edo vlo míaƒe gbedoxɔ la hã eye wòkplɔ Trɔ̃subɔlawo yi míaƒe gbedoxɔ mee be yeaɖi gbɔ̃ gbedoxɔ la. 29Wogblɔ esia elabena wokpɔ Paulo wònɔ zɔzɔm kple Trofimo si nye Trɔ̃subɔla aɖe tso Efeso le Terki la, le ablɔ dzi eya ta wosusu be Paulo kplɔe yi gbedoxɔa mee.”

30Zitɔtɔ gã aɖe dzɔ le dua me le nya sia ta eye wolé Paulo, hee do goe le gbedoxɔa me hedo ʋɔa. 31Esi wobe yewoawui ko la, ame aɖe yi ɖagblɔ na Roma srafowo ƒe amegã be ʋunyaʋunya gã aɖe le edzi yim le Yerusalem dua me. 32Asrafomegã la ɖe eƒe asrafo aɖewo ɖo ɖa be woayi aɖatsi ʋunyaʋunya la nu. Esi amehawo kpɔ asrafoawo gbɔna ko la wodzudzɔ Paulo ƒoƒo. 33Asrafoawo ƒe amegã la na wolé Paulo eye woblae sesĩe kple gakɔsɔkɔsɔ. Azɔ etrɔ ɖe ameha la gbɔ eye wòbia wo ame si Paulo nye kple nu vɔ̃ si wòwɔ. 34Ame aɖeke mete ŋu na ŋuɖoɖo gobi aɖeke o elabena ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya si dze eŋu la gblɔm. Le esia ta asrafowo ƒe amegã la ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi ɖe asrafowo ƒe nɔƒee. 35Esi wova afi ma henɔ atrakpuiawo liam la ameha la galũ ɖe wo dzi kple adã. Esia na be asrafoawo kɔ Paulo ɖe abɔta be woƒe asi nagakae o. 36Ke hã ameawo nɔ ɣli dom le wo yome sesĩe be, “Miwui! Miwui!”

Paulo ƒo nu na ameha la heʋli eɖokui ta

37Esi wova ɖo gaxɔa ƒe mɔnu la, Paulo gblɔ na asrafoawo ƒe amegã le Helagbe me be, “Amegã, magblɔ nya aɖe na wò.” Ewɔ nuku na asrafoa ŋutɔ be Paulo gblɔ Helagbe ale wòbiae be, “Ɖe nèse Helagbea? 38Alo menye wòe nye Egiptetɔ ma si de zitɔtɔ amewo me abe ƒe ɖeka alo eve aɖewoe nye esi va yi ene eye nèkplɔ gbevuviwo abe akpe ene sɔŋ ene woyi ɖabe ɖe gbegbe aɖe oa?”

39Paulo ɖo eŋu be, “Ao, nye la Yudatɔ menye tso Tarso le Kilikia nutome. Du sia nye du xɔŋkɔ aɖe. Meɖe kuku na wò ɖe mɔ nam maƒo nu na ameha la.”

40Asrafowo ƒe amegã la lɔ̃ ɖe Paulo ƒe biabia la dzi ale Paulo tsi tre ɖe atrakpuia dzi hekɔ asi dzi na ameha la eye ɖoɖoe gã aɖe zi enumake. Azɔ eƒo nu na wo le Hebrigbe me be:

Copyright information for EweBEE